[1] Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.
[2] Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wo na ŋusẽe be woawɔ nuvevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be,
[3] “Mègawɔ nuvevi aɖeke anyigba alo atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgɔnu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.”
[4] Emegbe mese ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, eye wo katã tso Israel ƒe toawo me.
[5] Wotre ame akpe wuieve nu tso Yuda ƒe to la me: ame akpe wuieve nu tso Ruben ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Gad ƒe to la me,
[6] ame akpe wuieve nu tso Aser ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Naflali ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Manase ƒe to la me,
[7] ame akpe wuieve nu tso Simeon ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Levi ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Isaka ƒe to la me,
[8] ame akpe wuieve nu tso Zebulon ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Yosef ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Benyamin ƒe to la me.
[9] Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la, le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awuʋlaya ɣiwo eye wolé deʋayawo ɖe asi.
[10] Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be, “Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ, Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.”
[11] Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegaxoxoawo kple nugbagbe eneawo. Wotsɔ mo tsyɔ anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ eye wosubɔ Mawu,
[12] le gbɔgblɔm be, “Amen. Kafukafu kple ŋutikɔkɔe Nunya, akpedada kple bubu Kple ŋusẽ kpekple ŋutete Nanye míaƒe Mawu la tɔ Tso mavɔ me yi ma mavɔ me. Amen!”
[13] Tete amegaxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awuʋlaya ɣi me eye afi ka wotso?”
[14] Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam bena, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awuʋlayawo eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.
[15] Eya ta, “Wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ Eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli Eye ame si nɔ fiazikpuia dzi la Akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.
[16] Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o.
[17] Elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina Anye woƒe kplɔla Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe Eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le wo ŋkume.”