Skip to content
Opens in a new window
Listen to this chapter • 6:04

[1] Le esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii bena Abosam natee akpɔ.

[2] Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie ŋutɔ.

[3] Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo na wò nàɖu.”

[4] Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋu ame nanɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ”

[5] Azɔ Abosam kplɔe yi Yerusalem du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tame ke,

[6] hegblɔ nɛ bena, “Be nàfia be Mawu Vi nènye la, ti kpo tso afi sia ne nàdze anyigba elabena, mawunya gblɔ bena, ‘Mawu adɔ eƒe dɔlawo ɖa bena woaxe wò le yame be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”

[7] Yesu gagblɔ nɛ bena, “Woŋlɔ da ɖi hã be mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”

[8] Le esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsɔ̃eƒe ke eye wòɖe xexe sia me ƒe dukɔwo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo katã fiae.

[9] Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam pɛ ko.”

[10] Yesu blu ɖe Abosam ta bena, “Satana, te ɖa le gbɔnye, mèse mawunya gblɔ bena, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”

[11] Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.

[12] Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea,

[13] ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me.

[14] Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Yesaya gblɔ da ɖi nu bena,

[15] “Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kpakple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo va se ɖe Trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea

[16] miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi, Kekeli klẽ na mi.”

[17] Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la te tu aƒe vɔ!”

[18] Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒua nu la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam elabena ɖɔkplɔlawoe wonye.

[19] Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.”

[20] Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.

[21] Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye Yakobo kple Yohanes kpakple wo fofo Zebedeo le ʋu me nɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome.

[22] Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake.

[23] Yesu tsa le Galilea nutoa katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye afi sia afi si wòyi ko la eɖea gbeƒã dziƒofiaɖuƒe ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eyɔ dɔ, dɔ ƒomevi vovovo lélawo.

[24] Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔe nu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖa nye lãmevee, tsukuku, lãmetutu kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.

[25] Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nutoa me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisia ƒe go evelia dzi ke.

Nyanyui La Abe Ale Si Mateo Ŋlɔe Ene — Chapters