Skip to content
Opens in a new window
Listen to this chapter • 4:03

[1] Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo kaka ɖe xexeame.

[2] Ale míatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye si: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu Kristo va le ŋutilã me la, tso Mawu gbɔ.

[3] Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mísese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexeame xoxo.

[4] Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la mienye Mawu viwo eye mieɖu aʋatsonyagblɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexeame.

[5] Wotso xexeame, eya ta woƒoa nu le xexeame ƒe nugɔmesese nu, eye xexeame ɖoa to wo.

[6] Míawo ya míetso Mawu gbɔ eye ame sia ame si nya Mawu la, ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o. Esiae na míedzea si Nyateƒe Gbɔgbɔ kple aʋatso gbɔgbɔ.

[7] Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la wodzi tso Mawu me eye wònya Mawu.

[8] Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o elabena Mawu nye lɔlɔ̃.

[9] Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye; eɖo via ɖeka hɔɔ̃ ɖe xexeame be míanɔ agbe to eya amea me.

[10] Esia enye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene.

[11] Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo.

[12] Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me.

[13] Míenyae bena míele agbe le eya amea me eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me.

[14] Míekpɔe eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexeame ƒe Ɖela.

[15] Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me eye eya hã le Mawu me.

[16] Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si Mawu tsɔ lɔ̃a mi, eye míexɔ edzi se.

[17] Esi wòwɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ.

[18] Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ katã ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o.

[19] Míelɔa mía nɔewo elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.

[20] Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ elabena ame sia ame si me lɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔ o.

[21] Mawu ŋutɔ de se na mí be, Ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.

Yohanes Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ — Chapters